Stanza 1
Klẽ ko, O ɣletivi nyui
Tso wò dziƒoɖe ʋĩ!
Mía Fofo ƒe lɔlɔ̃mo
Nèɖo tsɔ le mía fiam.
Klẽ ko! Klẽ ko!
I: Wò ɣletivi keklẽ nyui :I
Stanza 2
Klẽ ko, ŋutikɔkɔetɔ,
Wò ko kpɔm míele ɖa;
Le alilikpo godo
Míekpɔ wò dzosisi.
Klẽ ko! Klẽ ko!
I: Wò ɣletivi keklẽ nyui :I
Stanza 3
Klẽ ko, ɣletivi tredzo,
Kplɔ mí, mɔzɔlawo!
Fia ‘fi si ŋkeke mavɔ
Ƒe dzidzɔ le la mí!
Klẽ ko! Klẽ ko!
I: Wò ɣletivi keklẽ nyui :I
Stanza 4
Ne wò keklẽ la kplɔ mí
Yi gbɔwò le dziƒo,
Na míawo hã míava klẽ
Le wò kekeli me!
Klẽ ko! Klẽ ko!
I: Wò ɣletivi keklẽ nyui :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 361