Stanza 1
O mɔzɔla, ɖ’a-bla kpakplim!
Mɔa ɖo ta Kanaan
Tsɔ dzideƒo, nya xexea mee,
Dze kpẽɖiɖia yome!
Mikpɔ ɖa, mía ‘ʋafia dze ŋgɔ,
Eya nye Mawuvi.
O mɔzɔla, tso zia, ɖ’a-bla!
Mɔa ɖo ta Kanaan.
Stanza 2
Esi mɔ, si yia agbe me,
Xaxa hele bii hã,
Eye ame ʋea-ɖewo ko
Toa mɔ sia dzi hã la
Nye Aƒetɔ kple xɔla la
Do ŋgɔ le mɔ sia dzi.
Eya ta madze ‘yome faa
Ðo ta Kanaan dua me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 360