Stanza 1
Yesu ko anye nye mɔzɔhati,
Dzidzɔ me mayi, agagbɔ kplii;
Eya ko me makpɔ agbemɔa le,
I: Eyae yrana aƒe kple dziwo :I
Stanza 2
To, bali, gbedzi, ave, kple ƒu dzi,
Mato me kplii le dziɖeɖi me.
Ne menye nye kplɔla vavã o la,
I: De mavɔa masu asinye o. :I
Stanza 3
Eyae nye ‘kpoxɔnu nam le zã me,
Keli me hã ebua ŋunye nyuie;
Nye aɖaŋuɖola le xaxa me,
I: Kple akɔfala le fuwo me. :I
Stanza 4
Aƒetɔ la gbɔ ko manɔ ɖaa si,
Eya nye nye nyinu kple dzidzɔ;
Eƒe amenuveve naɖu dzi,
I: ŋutilã kple luʋɔ nanye ‘tɔ. :I
Stanza 5
Ne nye agbe ƒe fiẽ la ɖo l’a-fi,
Nye Afetɔ yɔm yi dzudzɔ me,
Manɔ ŋutifafa me le egbɔ,
I: Anye dziƒoyayrame tegbee. :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 362