Stanza 1
Enɔ yɔdo la me,
Yesu, xɔlanye!
Mɔ kpɔm na ŋkeke la,
Yesu xɔ̃nye!
Eva do go tso yɔ me,
Eɖu eƒe fuwo katã dzi,
Edo go abe
Dziɖula gã ɖe ‘ne,
Enɔ ‘gbe be yeaɖu
Dzi kple eviawo.
Efɔ hee! Efɔ hee!
Haleluya! Efɔ hee!
Stanza 2
Dzodzro asrafowo
Dzɔ yɔdo la ŋu;
Dzodzro wotre kpe la,
Yesu do go!
Eva do go tso yɔ me,
Eɖu eƒe fuwo katã dzi,
Edo go abe
Dziɖula gã ɖe ‘ne,
Enɔ ‘gbe be yeaɖu
Dzi kple eviawo.
Efɔ hee! Efɔ hee!
Haleluya! Efɔ hee!
Stanza 3
Ku mete ŋu lée o,
Yesu agbefia!
Eŋe ku ƒe ŋusẽ,
Yesu xɔla!
Eva do go tso yɔ me,
Eɖu eƒe fuwo katã dzi,
Edo go abe
Dziɖula gã ɖe ‘ne,
Enɔ ‘gbe be yeaɖu
Dzi kple eviawo.
Efɔ hee! Efɔ hee!
Haleluya! Efɔ hee!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 115