Stanza 1
Mele ‘tom na ame sia ‘me
Bena, Yesu l’a-gbe,
Etsi ‘tre tso yɔdo la me,
Egale mía dome.
Stanza 2
Mele ‘tom na ame sia ‘me
Si le gbe nyui sia sem,
Be Mawu gã ƒe fiaɖuɖu
Tso dziƒo va mía gbɔ.
Stanza 3
Mele ‘tom na ame sia ‘me
Be, ne ‘se ‘ƒe gbe la,
Ànɔagbe tegbetegbee,
Mèle kuku ge o.
Stanza 4
Mele ‘tom na ame sia ‘me
Be, ne maku egbea,
Nyemele tsiẽƒe yi ge o,
Dziƒo yi ge mala.
Stanza 5
Mele ‘tom na ame sia ‘me
Be, Yesu na agbem,
Be makpɔ dziƒonɔlawo
Kple Yesu kple Mawu.
Stanza 6
Mi katã mise nya nyui sia
Bena, Yesu l’a-gbe,
Eye wòle mía titina,
Magblẽ mí ɖi kpɔ o.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 116