Stanza 1
Zã la yi vɔ!
Dzɔdzɔenyenyeɣe la dze.
Kristo efɔ;
Asi su futɔwo dzi!
Midze klo, viwo, misubɔe!
Mikafui, mi amewo keŋ.
Stanza 2
Aƒetɔa do
Dziɖuɖutɔe tso yɔ me!
Agbe la do,
Dzi nedzɔ mi etɔwo!
Midze klo…
Stanza 3
Avakalẽa
Xɔ dziɖuɖukuku la!
Eɖu nu vɔ̃,
Ku kple xexea dzi na mí.
Midze klo…
Stanza 4
Xɔxɔ mavɔ,
Dzɔdzɔenyenye kple agbe
Wozu mía tɔ,
Eya ta midoe ɖe dzi:
Midze klo…
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 114