Stanza 1
Ne meɖo ŋku ŋukuku
Si le Yesu ta, dzi,
Nye dzi, si xɔ dzi se la,
Nɔa ‘kpe dam nɛ vevie.
Lɔlɔ̃ sɔŋ yɔa nye dzi me.
Eye medoa ɣli be:
Yesu,lɔlɔ̃ kae nye sia;
Ame ka gɔ̃e nènye?
Stanza 2
Yesu, ŋukpe, si nètsɔ,
Yae dze na mí hafi;
Èxɔ mía nya la ɖ‘a-kɔ
Exe nèxe mía fe.
Ale nètsɔ nu vɔ̃ yi;
Mía tohehe nu tsi,
Bena l’a-gbe kemɛ me
Míakpɔ ŋutifafa.
Stanza 3
Nye ɖela, nu ka magblɔ?
Mezu tɔwò ɖikaa!
Xɔ nye akpedada la
Le wò fukpekpe ta.
Na be makafu wò ŋkɔ
Le wò zikpui la ŋgɔ!
Matsɔ ny’a-gbefiakuku
Ada ɖe ŋkuwòme.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 98