Stanza 1
Atistogaŋunɔla la,
Eya ɖeka melɔ̃na!
Nenɔ nam alea tegbee ko;
Esia koe nye nye didi!
Manɔ nya sia ko dzi ɖaa,
Le dzidzɔ kple fu me siaa;
Atistogaŋunɔla la,
Eya ɖeka koe melɔ̃na.
Stanza 2
Menyae xoxo be, lɔlɔ̃ sia
Ƒe yomedzenuwo nye:
Vlododo kple fewuɖuɖu,
Koɖoɖo kple fukpekpe.
Gake ne xɔla lɔ̃ la,
Maku ku vɔ̃ɖi gɔ̃ hã!
Atistogaŋunɔla la,
Eya ɖeka koe melɔ̃na.
Stanza 3
Melɔ̃a hiãkame gã siawo
Kple lɔlɔ̃ ŋu fuawo gɔ̃
Wu dzidzɔŋkeke, siwo me
Nye xɔla la mele o.
Xexeame nedi vlom faa,
Be metsri eƒe dzidzɔ!
Atistogaŋunɔla la,
Eya ɖeka koe melɔ̃na.
Stanza 4
Ðe míenya nu si na ŋusẽ
Kpakple dzedeƒo gãm ɖaa,
Bena mekoa satana hã
Kpakple eƒe tetekpɔa?
Nye ɖela ƒe lɔlɔ̃ lae,
Eya koe doa ŋusẽm ɖaa:
Atistogaŋunɔla la,
Eya ɖeka koe melɔ̃na.
Stanza 5
Le nuwuwu me, lɔlɔ̃ sia
Akplɔ mí ayi aƒe,
Ana fiakuku etɔawo
Le dziƒodiaɖuƒe me.
Mawu nave mía nu ko:
Ame sia ‘me nagblɔ be:
Atistogaŋunɔla la,
Eya ɖeka koe melɔ̃na.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 97