Stanza 1
Paradiso, paradiso!
Nye denyigba nyui la!
Wò ŋutifafa kple dzidzɔ
Dim nye luʋɔ le ɖaa.
‘Fi ma dzi vavãwo
Le keli mavɔ me,
Wodo awu ɣiwo
Le Mawu ƒe ŋku me.

Stanza 2
Paradiso, Paradiso!
Xexeame nu ayi;
Medi bena, manɔ dedie
Le wò ablɔwo me.
‘Fi ma dzi vavãwo
Le keli mavɔ me,
Wodo awu ɣiwo
Le Mawu ƒe ŋku me.

Stanza 3
Paradiso, Paradiso!
Nu vɔ̃ etim l’a-fii.
O Yesu, va dzra menye ɖo,
Nàwɔe wòanɔ dzadzɛ!
‘Fi ma dzi vavãwo
Le keli mavɔ me,
Wodo awu ɣiwo
Le Mawu ƒe ŋku me.

Stanza 4
Paradiso, Paradiso!
‘Fi si Yesu ɖua fia,
Kplɔ nye hã yi teƒe nyui ma
Ðe dzudzɔ mavɔ me!
‘Fi ma dzi vavãwo
Le keli mavɔ me,
Wodo awu ɣiwo
Le Mawu ƒe ŋku me.
Amen.

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 449