Stanza 1
Anyigba ‘ɖe la didiƒe,
‘Fi si fu mele o;
Mawudɔlawo le ha dzim
Xlã ƒom fiazikpui la.
O, dzidzɔ gã ka wòanye ma,
Ne míakpɔ mía nɔewo
Le ŋutikɔkɔeteƒe ma,
I: Si keli mavɔ le! :I
Stanza 2
Mɔzɔlawo míenye l’a-fi,
Mɔzɔɣi hã le kpuie;
Gake míakpɔ ‘nyigba keklẽ
Le bali sia megbe.
O, dzidzɔ gã ka wòanye ma,
Ne míakpɔ mía nɔewo
Le ŋutikɔkɔeteƒe ma,
I: Si keli mavɔ le! :I
Stanza 3
Fiaɖuƒe sia me dzi dahe
Kpɔa lɔlɔ̃ mavɔ le,
Yayradu nyui sia me míakpɔ
Aƒe mavɔ la le.
O, dzidzɔ gã ka wòanye ma,
Ne míakpɔ mía nɔewo
Le ŋutikɔkɔeteƒe ma,
I: Si keli mavɔ le! :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 448