Stanza 1
Atitsoga kɔkɔe la ko
Nye atsyɔ̃ɖonu nyui;
Ame si ŋuti wòle la,
I: Etsɔnɛ kple dzidzɔ! :I
Stanza 2
Dzigbɔɖi ko te ŋu tsɔnɛ,
‘Ye ahe yayra vɛ;
Menye ŋuilã ‘tsyɔ̃ɖonu o,
I: O, dzi me ke wòle. :I
Stanza 3
Ne veve geɖe le me hã,
Do dzi le xɔse me;
Enya ame si ɖoe ɖe wò,
I: ‘Labe yayra wònye. :I
Stanza 4
Atitsogatsɔtsɔ le kpuie,
Dziɖufetu le me;
Kple ŋutikɔkɔe mavɔ hã,
I: Le aƒe vavã me. :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 397