Stanza 1
Miɖi miaƒe veve,
Xexemenu koe!
Mitsɔe ɖi ɖe to me,
Miɣlae ko vevie!
Miɖo ŋku Yesu dzi,
Le zã me ke hã!
Migblɔe ko na Yesu,
Akpe ɖe mía ŋu!

Stanza 2
Migblɔe ko na Yesu,
Enya mia veve!
Migblɔe ko na Yesu,
Akpɔ mia dzi nyuie!
Ena ɣe dze na mi
Le miaƒe mɔ dzi;
Atsɔ miaƒe agba,
Mido gbe ɖa ko!

Stanza 3
Veve kpakple hiã fũ
Tu ame geɖe.
Viviti ƒo xlã wo,
Mifa kɔ na wo!
Miɖe miaƒe nɔviwo,
Ne miayi aɖazu
Akɔfalawo!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 396