Stanza 1
Kpɔ ale si wònyoe ɖa,
Ne lɔlɔ̃ vavãtɔ la
Kple ɖekawɔwɔ nyuitɔ,
Le nɔviwo dome ɖa!
Stanza 2
Elabena afi ma
Mawu kɔa yayra ɖo fũ,
Eƒ’a-menuveve hã;
Xexeame zua viviƒe.
Stanza 3
‘Fi ma luʋɔwo kplɔla
Ƒoa tatraawo nu ƒu le
Heblaa wo katã ɖekae
Le eƒe lɔlɔ̃ la me.
Stanza 4
Nàbla dzi kple dzi sesiẽ;
Dzrenya nagama wo o!
Wò Gbɔgbɔ nado ŋusẽ,
Woƒe lɔlɔ̃nubabla!
Stanza 5
Aƒetɔ Yesu Kristo,
Si le ɖeka kple Fofoa,
Bla míawo hã ɖekae ɖaa,
Ðe nɔviwo nyui me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 383