Stanza 1
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ.
Esia nanye miaƒe dzesi!
Esia me xexeame
Katã anya nyuie be,
Nye nusrɔ̃lawo míenye vavã ɖaa!
Stanza 2
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ.
Miwɔe abe Yesu ene!
Etsɔ ɖokui ke ɖe
Mí vɔ̃wɔlawo ta.
Wò hã xɔ ku ɖe nɔviwò nu faa!
Stanza 3
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ.
Ame ka enye nɔvinye?
Nu ka ta biam nèle?
Ame sia ‘me koe hee!
Mawu Fofowò ƒe vi ko wònye!
Stanza 4
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ,
Havi abe mia ɖokui ‘ne!
Ekem vɔ̃diname
Aɖeke mate ŋu
Ama mia dome gbeɖegbeɖe o.
Stanza 5
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ,
‘Me ɖeka ŋunuwo mienye:
To sea veve na ŋku
Kple aɖu kpefu la,
Asi fana na afɔ xɔabi la.
Stanza 6
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ.
Mihe adodo, mifa tu,
Mitsɔ nu vɔ̃wo ke
Vodalaa tso dzi me,
Ekem mia Fofo atsɔ ke mi tsã!
Stanza 7
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ.
Edzia vivisese ɖe ‘dzi,
Kakaa vevesese
Katã keŋ bebebe.
Yayratɔwo nye nɔvilɔ̃lawo.
Stanza 8
Milɔ̃ mia nɔewo, Yesu gblɔ.
O Yesu, fia wò lɔlɔ̃ mí!
Ne míawo hã míalɔ̃
Mía nɔewo tso dzi me,
Azu blibo keŋ abe wò ene!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 382