Stanza 1
Yesu, wò gãnyenye lolo
Le viwò ƒe mo;
Nublanuikpɔkpɔ kple agbe,
Mekpɔ le gbɔwò.
Stanza 2
Yesu, ne wò meli nam o,
Mazɔ tsizi me;
Gake wò mo ƒe keklẽ la,
Tsɔ keli vɛ nam!
Stanza 3
Yesu, ne wò meli nam o,
Manyrɔ ɖe vɔ̃ me;
Gake azɔ wòe xɔm ɖ’a-gbe,
To wò ku la me.
Stanza 4
Yesu, ny’a-ƒetɔ lɔlɔ̃tɔ,
Dzram ɖo ɖe gbɔwò!
Gbɔwò manɔ dedie ɖaa he,
Le wò akɔnu.
Stanza 5
Ne tetekpɔ, satana vɔ̃
Ðea fu nam hã la,
Maɣla ɖe nye Yesu ‘kɔme,
Be manɔ dedie.
Stanza 6
Ne mele nye Yesu ‘kɔme,
Nyemavɔ̃ ku o;
‘Labe Yesu aʋa nam,
Ekpɔ dziɖuɖu.
Stanza 7
Xɔla, nàxɔ wò alẽvi,
Si ku ɖe ŋuwò;
Kplɔe yi ɖe dzidzɔ mavɔ me,
‘Fi ma wòakpɔ wò!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 331