Stanza 1
Yesu, va ɖo kuɖɔ nam
L’a-gbe ƒe ƒu dzeagbo dzi.
Ƒutsotsoewo le ŋeŋem,
Kpewo le ŋɔdzi dom nam,
Wòe nye mɔfiala nyuitɔ:
Yesu, va ɖo kuɖɔ nam!
Stanza 2
Wò ko ate ŋu atsi
Ahom kple ƒu dzeagbo nu;
Ƒutsotsoewo ɖoa to wò
Ne ègblɔ be: Zi ɖoɖoe!
Fia, si ɖua ƒu vlotɔ dzi:
Yesu, va ɖo kudɔ nam!
Stanza 3
Mlɔeba la, ne meva ɖo
Ƒu ŋeŋe mamlɛtɔ me,
Na maku ɖe ŋuwo dzro,
Eye nàgblɔ nam bena;
Mègavɔ̃ naneke o,
Maɖo kuɖɔ la dedie!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 330