Stanza 1
Nye Yesu, melɔ̃a wõ, be tɔnye nẽnye!
Tawõ metsri nu vɔ̃ ŋu dzidzɔ keŋ;
Nye xɔla vevi la, nye ɖela nẽnye!
Melɔ̃a wõ, nye Yesu, melɔ̃a wõ vava!
Stanza 2
Melɔ̃a wõ, elabe wõe trem lɔlɔ̃ xo,
Exe nye nu vɔ̃ fe l’a-titsoga ŋu;
Melɔ̃a wõ le ŋukuku, si nẽɖɔ, ta.
Melɔ̃a wõ, nye Yesu, melɔ̃a wõ vava!
Stanza 3
Malɔ̃ wõ l’aɔ̃gbe mekpakple ku me ke,
Matsɔ nye gbɔgbɔ sia akafu wõ ɖaa;
Bena ne ku te tum la, magblɔ bena:
Melɔ̃a wõ, nye Yesu, melɔ̃a wõ vava!
Stanza 4
Le ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ mavɔ me
Matsɔ bubu na wõ le dziƒo nyui ɖaa;
L’aɔ̃wu ɣi dzadzɛ me madzi ha na wõ;
Melɔ̃a wõ, nye Yesu, melɔ̃a wõ vava!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 320