Stanza 1
Luʋɔnye, wole yɔwòm,
Wò ɖelae, se eƒe gbe!
Yesu le ‘gblɔm na wò be:
“Vinye, èle lɔ̃yem ma?”
Stanza 2
“Ne wobla wò, matu wò,
Mada gbe le ŋuwò hã;
Ne ètra mɔ, madi wò,
Wò tsizi azu keli.”
Stanza 3
“Ðe nyɔnu ƒe beléle
Na via nu ateŋ atsia?
Ẽ, ateŋ’ aɖe ŋu ɖi,
Ke nyea maɖo ŋku dziwo”
Stanza 4
Lɔlɔ̃ matrɔ l’asinye,
Kɔ wú nu kɔkɔwo keŋ.
Goglo wu nu goglowo hã,
Ede blibo, sẽ wu ku”
Stanza 5
Ãamp;kpɔ nye ŋuikɔkɔe bla,
Ne ‘menuvedɔ la vɔ;
Gomekpɔla nanye klim.
Vinye, èle lɔ̃yem ma?
Stanza 6
Ẽ, Aƒetɔ melɔ̃ wò,
Gake nye lɔlɔ̃ gbɔdzɔ;
Ve nunye, nado ŋusẽm,
Be malɔ̃ wo geɖe wu!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 319