Stanza 1
O dzidzɔ vavãtɔ,
Si tso dziƒo va!
Mina míaxɔ eya
Ðe míaƒe dzi me!
Dzidzɔ vavãtɔ la
Mele vɔ̃ me o;
I: Yesu gbɔ wòtsona,
Yesue naa dzidzɔ :I
Stanza 2
Ablɔɖe vavãtɔ
Enye nu gãtɔ;
Vovo tso nu vɔ̃ me
Naa dzimefafa!
Sika kple klosalo
Mewɔa ‘blɔɖe o;
I: Yesu gbɔ wòtsona;
Yesue naa ‘blɔɖe! :I
Stanza 3
Kesinɔnu vavã
Enye nu nyuitɔ;
Mate ŋu agblẽ o,
Mabu gbeɖe o!
Kesinɔnu vavã
Menye sika o;
I: Yesu gbɔ wòtsona,
Kesinɔnu ma! :I
Stanza 4
Mi ame siwo ke
Mekpɔa dzidzɔ o;
Mi ame siwo nye
Nu vɔ̃ kluviwo;
Mi ame siwo ke
Da ‘he le dzi me
I: Miva Yesu gbɔ ko,
Yesu axɔ mi! :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 297