Stanza 1
Yesu ko gbɔ dzudzɔ le,
Gbɔɖeme blibo hã.
Eƒe lɔlɔ̃ faa ‘kɔ nam,
Makpɔ dziƒodzudzɔ!
Etsɔ lɔlɔ̃gbe vivi
Le yɔyem ɖa bena:
Dzudzɔ wò sreɖidzedze,
Va gbɔnye, nàdzudzɔ
Yesu ko gbɔ…..dziƒodzudzɔ!

Stanza 2
Yesu ko gbɔ dzudzɔ le!
Eya gbɔ nu vɔ̃wo
Kple tetekpɔ buna le
To eƒe ʋu la m.
Ne dodokpɔ va dzinye
Ɣeaɖewoɣi hã la,
Esia nye nuxɔxlɔ̃ be
Nɔ ŋudzɔ do gbe ɖa!
Yesu ko gbɔ…….To eƒe ʋu la me!

Stanza 3
Yesu si ku ɖe tanye,
Enye nye sitsoƒe!
‘Yae nye kpe gbadzaa vavã,
Si ŋu maziɔ ɖo ɖaa!
Eya dzi madzudzɔ le,
Se ɖe ŋu la ake;
Aklẽ nam zã me ka hã
Eye adzɔ ŋunye!
Yesu, si ku…Si ŋu maziɔ ɖo ɖaa!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 296