Stanza 1
Mawu nanɔ anyi kpli wò!
Adzi wò xɔse la ɖe dzi,
Ayra wò kple wò dɔwɔwɔ,
Bena nàtse ku ayi dzi!
Anɔ kpli wò, anɔ kpli wò!
Mawu nanɔ anyi kpli wò!
Le dzidzɔ kple fukpekpe me;
Mawu nanɔ anyi kpli wò.
Stanza 2
Yesu nanɔ anyi kpli wò!
Eƒe amenuveve me
Wòawɔ wò nuteƒewɔla
Le mawunyadɔ kɔkɔe me.
Anɔ kpli wò, anɔ kpli wò.
Yesu nanɔ anyi kpli wò!
Le dzidzɔ kple fukpekpe me;
Yesu nanɔ anyi kpli wò!
Stanza 3
Gbɔgbɔ Kɔkɔe nanɔ kpli wò!
Nade dzo Kristo ha la me,
Nahe luʋɔ geɖewo yi
Sidzedze Yesu vavã me!
Anɔ kpli wò, anɔ kpli wò!
Gbɔgbɔ Kɔkɔe nanɔ kpli wò!
Le dzidzɔ kple fukpekpe me
Gbɔgbɔ Kɔkɔe nanɔ kpli wò!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 158