Stanza 1
Miheyi aʋa dzideƒotɔe faa!
Yesu ŋ’tɔ awɔ aʋa la na mí.
Ne futɔwo nyra hã, ke migavɔ̃ o!
Miakpɔ dziɖuɖu la le Yesu gbɔ ɖaa.

Stanza 2
Ne viviti do ɖe míaƒe dzi me,
Ne veve na be ŋutifafa bu,
Ne konyifafa sɔŋ yɔ mia dzi me hã,
Miakpɔ akɔfafa le Yesu gbɔ ɖaa.

Stanza 3
Ne vɔvɔ̃ ɖo mí le trɔ̃wo ŋuti,
Ne woƒe ŋusẽ de dzi wu mia tɔ,
Miwu mia mo te ko, ne miakpɔ dziƒo!
Xɔxɔ la li na mi le Yesu gbɔ ɖaa.

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 157