Stanza 1
Haleluya! Xɔla gafɔ,
Etsi tre tso yɔdo me!
Ena etɔwo ŋuti fa.
Dzi ha na eƒe bubu!
Stanza 2
Haleluya! Xɔla l’ agbe!
Ameka abu fɔ mía?
Yesu xe fe ɖe mía ta vɔ,
Azɔ Mawu alɔ̃ mí.
Stanza 3
Haleluya! Míezu dzɔdzɔe,
Azɔ dziƒo ʋu na mí;
Ŋkeke, si dzi Yesu tsi tre,
Enye dzidzɔgbe na mí.
Stanza 4
Haleluya! Mía fia l’ agbe,
Eɖu míaƒe futɔ dzi!
Amesi ke xɔ dzi se la,
Anɔ kɔkɔeƒe kpakplii.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 108