Stanza 1
Ne èkpɔ Golgata ɖa,
Nu ka kpɔ ge nàla?
Eɖi amegbetɔvi,
Si le ati ŋuti.
Mawu kpakple ame vie,
Eku ɖe ame ta.
Akpe ka dze be, míada
I: Ðe lɔlɔ̃ gã sia ta? :I
Stanza 2
Esi wòkpɔ fu vɔ la,
Eku; ke egafɔ,
Gatrɔ yi dziƒo ʋii ke
Ðanɔ Fofo la gbɔ.
Le ŋutikɔkɔe gã me
Yesu sia agavã;
Ŋɔdzi alé xexeame.
I: Dzi ladzɔ etɔwo :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 107