Stanza 1
Miva dzi ha!
Hadzidzi edze
Yehowa Mawu,
Mía wɔla kple míaƒe agbexɔla.
Stanza 2
Ha ɖi le dzi,
Dɔlawo dzi ha
Na Mawu gã la
Kple alẽvi, si wowu ɖe mía ta.
Stanza 3
Mawu efa,
Ɛ̃, edɔme fa;
Eve eme nu,
Tsɔ eƒe lɔlɔ̃vi na ɖe mía ta.
Stanza 4
Mikafu ŋkɔ!
Ɛ̃, mikafu ŋkɔ,
Si enye Yesu,
Mi amewo katã ƒ’a-gbexɔla!
Stanza 5
Míakafui ɖaa,
Míakafui vavã,
Be edzɔ ame,
Tsɔ eɖokui hena ɖe mía teƒe.
Stanza 6
Miva dzi ha!
Míanɔ ha dzim ɖaa
Hena Yehowa,
Si enye Mawu kpakple mía ɖela!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 94