Stanza 1
Nye gbɔgbɔ, tɔ ɖ’a-fi sia ʋee,
Kpɔ nukunu gã sia ɖa!
Wò Aƒetɔ, fia gãtɔ la
Le ƒefle l’a-ti kɔgo.
Eƒe lɔlɔ̃ gã la sɔŋ dɔe
Wòɖi tso Fofoa gbɔ va.
Stanza 2
Ale si wòlɔ̃ wò vevie,
Dze ƒã l’aɔ̃titsogaa ŋu.
Kpɔ ale si ku ƒe veve
To eyama me keŋ ɖa!
Kpɔ ƒe luʋɔ ƒe nuxaxa
Le ku ƒe ŋɔdziwo me!
Stanza 3
Esia nye nye nu vɔ̃ ƒe fe,
Nye xɔla xe ɖe tanye.
Fukpekpewo ƒe agba la
Tee ɖe to, nye xɔxɔ ta.
Wò fukpekpe ɖe tɔnye ɖa,
Be makpɔ dzudzɔ mavɔ!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 92