Stanza 1
Yesu Kristo tsɔ ‘ɖokui
Hena mí, bene míaɖii;
Eye ‘ƒe nya la gblɔ be;
Miva zu Yesu tɔgbi!
Stanza 2
‘Ƒe ɖokuibɔbɔ fia mí:
Be míabɔbɔ mía ɖokui!
Eƒe dɔmenyo bena:
Miawo hã miwɔ alea!
Stanza 3
Elɔ̃a ‘me nyateƒetɔe,
Fuléle menɔ me o,
Ewɔa nyui na ketɔwo,
Nɔa gbe dom ɖa ɖe wo ta.
Stanza 4
Ewɔa Mawu lɔlɔ̃nu,
Esia nye ‘ƒe nuɖuɖu;
Egblɔa nyateƒe la ko,
Eye wòtsria aʋatso.
Stanza 5
Le nuteƒewɔwɔ me,
Le nyanyui la gbɔgblɔ me,
Egblɔ na míawo hã be:
Ne míadze eyome nyuie!
Stanza 6
Mia nufiala lɔlɔ̃tɔ!
Fia mí nu si ke míawɔ!
Tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe na mí,
Bene wòado ŋusẽ mí!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 89