Stanza 1
Miva dzi ha kple mawudɔlawo!
Yesu wɔ mía kple Mawu ɖeka;
Yesu tso dzi va fa ‘kɔ na ‘mewo,
Yesu ŋutɔ tsɔ dzidzɔnya vɛ.
Ðeviwo kple tsitsiwo, midzɔ dzi!
Midii, ne míawɔ ɖeka kpakplii!
Stanza 2
Nɔviwo, miva xɔ nya nyui sia se!
Míewɔ nuvɔ̃, ke Mawu tsɔ ke!
Yesu ɖe Mawu gbɔ mɔ la yeye;
Miva, ne míabia nuvɔ̃keke!
Ŋutifafa Yesu le nana ge;
Mawu gbɔa dzi ɖi na mí geɖe;
Stanza 3
Yesu ŋusẽtɔ! Mieda kpe na wò,
Esi nèdo dzifafa na mí.
Ŋutifafa, míedzi ha na wò,
Esi nèdo dzifafa na mí.
Yesu, do ŋusẽ mí, ne míaɖu dzi,
Va kplɔ mí yi dziƒofafɛfe!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 87