Stanza 1
O dzidzɔŋɔli!
O kɔkɔeŋɔli!
Nublanuikpɔkpɔŋkeke ɖo:
I: Xexeme keŋ bu,
Wodzi wò xɔla;
Dzi nadzɔ wò, Kristohame la. :I
Stanza 2
O dzidzɔŋɔli!
O kɔkɔeŋɔli!
Nublanuikpɔkpɔŋkeke ɖo!
I: Kristo ɖi tso dzi,
Be yeaxɔ na mí;
Dzi nadzɔ wò, Kristohame la! :I
Stanza 3
O dzidzɔŋɔli!
O kɔkɔeŋɔli!
Nublanuikpɔkpɔŋkeke ɖo!
I: Mawudɔlawo
Dzi ha, kafu wò;
Dzi nadzɔ wò, Kristohame la! :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 80