Stanza 1
Hosiana na Aƒetɔ la!
Aƒetɔ la lɔ̃ na
Ðeviwo ƒe dzidzɔha sia.
Míadzi ha sia bena:
Hosiana! Hosiana!
Hosiana!
Stanza 2
Hosiana! Yesu lɔlɔ̃tɔ,
Míele wò ŋkɔ kafum,
Aƒetɔ, va nɔ mía dzi me,
Nànɔ mía gbɔ ɖaa he
Hosiana! Hosiana!
Hosiana!
Stanza 3
Mía ɖela, afi si nèle la,
‘Fi ma fafa nɔna.
Eya ta míakpe wò, ɖela,
Adzi ha sia bena:
Hosiana! Hosiana!
Hosiana!
Stanza 4
Aƒetɔ Yesu mía lɔlɔ̃tɔ,
Ðeviwo ko míenye:
Ke ne edze ŋuwò ko la,
Míadzi ha sia bena:
Hosiana! Hosiana!
Hosiana!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 63