Stanza 1
Dzi nadzɔ wò, Zion vinyɔnu!
Tso aseye, David du
Kpɔ ɖa, wò fia la gbɔna,
Kpɔ ɖa, fia fafa gbɔna.
Dzi nadzɔ wò, Zion vinyɔnu
Tso aseye, David du.
Stanza 2
Hosiana, David viŋutsu!
Woakafu wò ŋkɔ kɔkɔe!
Ðo wò fiaɖuƒe gɔme,
Be wòanɔ mía me tegbee!
Hosiana David viŋutsu!
Woakafu wò ŋkɔ kɔkɔe!
Stanza 3
Hosiana, David viŋutsu!
Fia, míele dza dom na wò!
Wò zikpui nanɔ anyi,
Woakafu wò, fia mavɔ!
Hosiana, David viŋutsu!
Fia, míele dza dom na wò!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 61