Stanza 1
Mía lɔlɔ̃tɔ, esia enye
I: Lɔlɔ̃ ƒe dzesi nyui, :I
Si ke nàkpɔ, xɔlɔ̃ vevi,
I: Lɔlɔ̃tɔ, hede nyuie! :I
Stanza 2
Mawu yɔ wò: dze ‘yome ko,
I: Abe Kristotɔ ‘ne! :I
Dze Aƒetɔ Yesu yome,
I: Lɔlɔ̃tɔ, hede nyuie! :I
Stanza 3
Míaŋlɔ wò be l’a-fi sia o.
I: Mawu nanɔ kpli wò! :I
Ana míagakpe le dziƒo,
I: Lɔlɔ̃tɔ, hede nyuie! :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 478