Stanza 1
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Eya ŋ’tɔ nalé mí ɖ’a-si,
Akplɔ mí dedie gbe sia gbe
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Míagakpe, míagakpe
Míagakpe le Yesu gbɔ
Míagakpe, míagakpe
Mawu nanɔ kpli mí míagakpe.

Stanza 2
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Aɣla mí ke eƒ’a-si me,
Ana mana mí gbe sia gbe!
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Míagakpe, míagakpe
Míagakpe le Yesu gbɔ
Míagakpe, míagakpe
Mawu nanɔ kpli mí míagakpe.

Stanza 3
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Ne agbehiã tu mí hã la,
Akpla lɔlɔ̃si kɔ na mí.
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Míagakpe, míagakpe
Míagakpe le Yesu gbɔ
Míagakpe, míagakpe
Mawu nanɔ kpli mí míagakpe.

Stanza 4
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Atsyɔ lɔlɔ̃flaga mía dzi,
Aɖe ku ƒe ŋɔdziwo ɖa.
Mawu nanɔ kpli mí, míagakpe!
Míagakpe, míagakpe
Míagakpe le Yesu gbɔ
Míagakpe, míagakpe
Mawu nanɔ kpli mí míagakpe.

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 472