Stanza 1
Ne fuwo ƒ’a-gbo tu la,
Mayi dzi kple dzidzɔ.
O Yesu, nàve nunye,
Be ne mava gbɔwò,
Eye madzudzɔ kpli wò
Le wò fiaɖuƒe me!
Nuxaxa adzudzɔ keŋ,
Ne meva gbɔwò ko.
Stanza 2
Míada ‘kpe na wò, Mawu!
Mía Mawu kple Fofo,
Mawu ƒe Tenuvia hã
Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
Ƒe nublanuikpɔkpɔ la,
Nanɔ anyi kpli mí,
Tso egbe yi ɖase ɖe
Míakpɔ eƒe ŋkume!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 469