Stanza 1
Ŋutifafaƒe mavɔ la
Le keklẽm le dziƒo ʋiĩ,
‘Fi ma dzidzɔhaviviwo
Le ɖiɖim zã kple keli
Ðe nye hã mava ‘fi ma
Anɔ kɔkɔetɔwo mea?
Stanza 2
Gbɔɖeme vivi ɖo atsyɔ̃
Na denyigba lɔlɔ̃ la,
Ðevi suewo l’a-wu ɣi me
Le xlã ƒom fiazikpui la.
Gbe ka gbe mava ‘fi ma,
Aɖo ha kɔkɔe sia me?
Stanza 3
O Yerusalem, du kɔkɔe
Wòe nye mía de vavãtɔ!
Mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ, siwo
Katã dze mía ŋgɔ yi la,
Wole asi miem mí ɖaa,
Na dzidzɔ sia me vava.
Stanza 4
Eteƒe magadidi o,
Nye hã maɖo ha sia me.
O Aƒetɔ, ve nunye dzro,
Nàkplɔm yi wò du ma me,
Bena nye hã mava, dzi
Haleluya mavɔ ma!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 460