Stanza 1
Anyigba nyui vavã ‘ɖe li,
Dziɖulawo nɔƒe;
Ŋkeke mavɔ la ɖe zã ɖa,
Dzidzɔ ɖe veve ɖa.
‘Fi ma tsidzidzi mavɔ le
Kple seƒoƒo mavɔ;
Ku nye ƒute goglo, si ma
‘Nyigba sia tso mía gbɔ.
Stanza 2
Gbedzi nyui le tɔ la godo,
Ed’a-ma nyuie ŋutɔ;
Nu si Kanaan nye na Yuda,
Esi Yordan ma ‘me.
Ne míade Mose nɔƒe ko,
Míakpɔ ‘nyigba nyui sia ɖa;
Yordan ƒe tsi kple ku ƒe zã
Madzi ŋɔ na mí o.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 455