Stanza 1
Ðe míagava kpɔ mía nɔewo
Le kekeli mavɔ me,
‘Fi si veve megale o,
L’a-ƒetɔ Yesu ŋkumea?
Ðe míakpɔ, ɖe míakpɔ, ɖe míakpɔ,
Ðe míagava kpɔ mía nɔewo
Le kekeli mavɔ mea?
Stanza 2
Ðe míagava kpɔ mía nɔewo
Le mawuviwo dome,
Le míaƒe mɔzɔzɔ megbe,
Le Yesu ƒe fiazi ŋgɔa?
Ðe míakpɔ, ɖe míakpɔ, ɖe míakpɔ,
Ðe míagava kpɔ mía nɔewo
Le mawuviwo domea?
Stanza 3
Ðe míakpɔ dziƒofiadu la,
Si nye sika ɖeɖe ma?
Míate ŋu age ɖe eme,
‘Fi si míakpɔ Mawu lea?
Ðe míakpɔ, ɖe míakpɔ, ɖe míakpɔ,
Ðe míakpɔ dziƒofiadu la,
Si nye sika ɖeɖe ma?
Stanza 4
Nu ɖeka míedi be míanya:
Míakpe mía tɔwo ‘fi ma?
Nu ɖeka ko míagabia mi:
Mía tɔwo le dziƒoƒea?
Nu ɖeka, nu ɖeka, nu ɖeka,
Nu ɖeka míedi be míanya:
Míakpe mía tɔwo ‘fi ma?
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 446