Stanza 1
Megbɔna tsɔtsɔe!
Nye fetunana
Kpe ɖe ŋunye hee!
Miwu miaƒe mo te, ne miakpɔ dzi ɖa!
Stanza 2
Megbɔna tsɔtsɔe!
Nye teƒeɖoɖo
Lanɔ ŋgɔgbe nam,
Be maɖo teƒe na mi nyateƒetɔe!
Stanza 3
Megbɔna tsɔtsɔe!
Minɔ ŋute hee!
Nenem Mawuvi,
Si ƒo nuwo katã ta, de se na mí.
Stanza 4
Mifɔ, ne miatso!
Miɖ’ abla do go
Yi ɖakpee kaba!
Mikpɔ eyama ɖa, egbɔna tsɔtsɔe!
Stanza 5
Midi awu ɣie!
Azãgbe la ɖo!
Migaƒo ɖii o!
Ne ‘ƒo ɖi, mikpalɛ kple Yesu ƒe ɖu!
Stanza 6
Sikadua le ʋĩ,
Agbeti le me.
Ne mía ŋuti kɔ,
Ðeko míayi ɖe me aɖakpɔ dzidzɔ.
Stanza 7
Ne míeɖu dzi la,
Woaku tsi na mí
Le tɔsisi gã,
Si nye agbe mavɔ ƒe tɔ la, me faa!
Stanza 8
Egbɔna tsɔtsɔe!
Mina míatso ziã,
Bene míakpɔ mɔ
Ahage ɖe sikagbo gã kema me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 440