Stanza 1
O Mawu, sitsoƒe mavɔ
Na dzidzimewo keŋ,
Mía ‘kpoxɔnu l’a-homwo me,
Míaƒe aƒe mavɔ.
Stanza 2
Le wò fiazikpui gã la ŋgɔ
Míekpɔa dedienɔnɔ.
Wòa-bɔ sesẽ la ɖeɖe ko
Laxɔ na mí xoxo.
Stanza 3
Hafi ne towo nava dzɔ
‘Ye nèwɔ anyigba,
Tso mavɔ me yi mavɔ me,
Wò ko enye Mawu.
Stanza 4
Ƒe akpewo le ŋkuwò me
Abe ‘tsɔ fiẽ ene;
Alo zã, si va yi xoxo,
Hafi ɣe dze ene.
Stanza 5
Mía ‘gbenɔƒewo le du dzi,
Abe tɔʋu ene;
Wobuna ɖe mí keŋ abe
Drɔ̃e, si míeku, ene.
Stanza 6
O Mawu, míaƒe sitsoƒe,
Mía mɔkpɔkpɔ mavɔ,
Kplɔ mí dedie l’a-gbe sia me
Yi ɖe aƒe mavɔ!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 423