Stanza 1
Ŋdi kanya la Yesu tsana,
Enɔa ʋɔtruwo katã nu,
Doa ago l’a-fi sia ‘fi si
Wodo dzadzadza nɛ ko
Stanza 2
Migana wòatsi ʋɔa nu o;
Miʋu dziʋɔtru nɛ kaba!
Mitsɔ lɔlɔ̃gbe do dzaa nɛ:
Yesu, va dze mía gbɔ faa!
Stanza 3
Nɔ anyi kpli mí gbe sia gbe,
Nya futɔwo ɖa tso mía gbɔ,
Ŋlɔ mía ŋkɔ ɖ’a-gbegbalẽ me,
Nànye míaƒe kplɔla nyui!
Stanza 4
Kplɔ mí yi nyiƒe damawo,
Be míakpɔ wò dɔmenyonyo,
Si nye nu sia nu na mí glo!
Míado go, ava kpli wò!
Stanza 5
Amen, neva me nenema!
Yesu lɔ̃ be, yeayi kpli mí;
Míadzi dzi agbe sii bena,
Magblẽ mí ɖi gbeɖe o!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 418