Stanza 1
Nye dzi, nyɔ, gagbɔ agbe!
Ne nadzi ha na Mawu,
Si melɔ̃a nu gbɔnye o,
Na agbem, kpɔ tanye nyuie.
Stanza 2
Eto ƒe zã gã la me,
Esi viviti ƒo hiãm,
Fofonye, wòekpɔ dzinye,
Wò dɔlawo dzɔ ŋunye
Stanza 3
Etsɔ fiẽ la ègblɔ be:
Vinye, va nanlɔ ‘nyi ko!
Megavɔ o, dɔ lɔ̃ nyui,
Ãamp;fɔ etsɔ hã dedie.
Stanza 4
Wò nya nyateƒe wònye:
Kpɔ ɖa, ŋu la gake ɖem!
Elabe èkpɔ dzinye,
Megakpɔ kekeli la.
Stanza 5
Megale nye dɔ wɔ ge,
Yram eye nana nunyam;
Dɔ wò dɔla kɔkɔewo,
Bene woava nɔ ŋunye!
Stanza 6
Wɔ nye dzigbɔ wɔwòƒee,
Ne mawɔ wò gbe la dzi;
Nafiam alesi mazɔ,
Akpɔ dziƒomɔ ayi!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 411