Stanza 1
Aƒetɔ, na dokuibɔbɔm,
Nu nyui mele nye dzime o;
Trɔ nye nɔnɔme vɔ̃ɖi la
To wò Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me!
Stanza 2
Ne dzinye ku atri hã la,
Eye melɔ̃ be, nàkplɔe o;
Wò Gbɔgbɔ ƒe dzo va nàfia
Nu siwo menyo le ‘me o!
Stanza 3
Ale si nèkplɔ tɔsisi,
Be ‘nyigba ƒuƒu nanyo la,
Nenem nàtrɔm to ŋusẽ me,
Be yayra nado tso menye!
Stanza 4
Ale si agbletɔ lɔ̃ la,
Nenema weinkawo nɔna;
Nyemagadi nu bubu o,
Ke boŋ be manɔ tewò ɖaa.
Stanza 5
Aƒetɔ, na dokuibɔbɔm,
Tsu ƒuƒlu menye l’a-siwò;
Wɔm mazu dɔwɔnu blibo
Hena wò ŋkɔ gã ƒe bubu!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 388