Stanza 1
‘Le si Yesu lɔ̃ mí,
Ewu gbɔgblɔ gɔ̃.
Míaƒe vɔ̃menɔnɔ
Vee tso me vevie;
Elabena míenye
Lɔlɔ̃viwo xo.
Eya ta míegale
Fiƒodea te o.
Stanza 2
Tsɔ mía ŋutilã la
Wɔ wò gbedoxɔe,
Ne míaƒ’a-gbenɔnɔ
Naɖi tɔwò ɖaa!
Kɔ míaƒe susuwo
Kple dzi hã ŋuti!
Wɔ na míaƒe hame
Wu ‘le si wòbia!
Stanza 3
Na be wò dukɔ la
Nadi wò bubu!
Wò ʋu xɔasi la ko
Nanye eƒ’a-tsyɔ̃!
Ale woadze si wò,
Woƒe fia gã la,
Ame si akplɔ wo
Ƒo ƒui gbe ɖeka.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 380