Stanza 1
Wò, Yesu, ko nɔ nye dzi me
L’a-gbe kple ku me ke!
Ŋutikɔkɔe katã nanye
Nye ɖela yesu tɔ!
Nu vɔ̃ gbe, si medze si la,
Naganɔ menye o;
Elabe ewua Gbɔgbɔ, si
Mawu tsɔ de menye.

Stanza 2
Nu suetɔ ke, si mewɔ la,
Yɔ fũ kple dada sɔŋ.
Ne Yesu lɔlɔ̃ yɔ menye,
Nye dɔ ayi dzi nyuie.
Ðokuilɔlɔ̃, si le menye,
Aƒetɔ, ɖee ɖa nam!
Eye na wò lɔlɔ̃nu ko
Naxɔ nye dzime keŋ!

Stanza 3
Nye ɖela, tɔwò ko menye;
Wò nuwɔna me kɔ.
Wò lɔlɔ̃nuwɔwɔ la ko
Nanye nye nuɖuɖu!
‘Kem magblɔ le xɔse me be:
Yesu, tɔwò menye;
Wò ko nànye nu sia nu nam
Yi ɖe mavɔ me ke!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 378