Stanza 1
Nye Mawu, Fofo, ‘me si wɔm,
Ame si lém ɖ’a-si;
Nu nyui nèdi tso asi nye,
Be mawɔ wò nya dzi.
Stanza 2
Melɔ̃ kple dzidzɔ, le klalo,
Nye didi enye be,
Mase nye Aƒetɔ ƒe gbe,
Madze ‘yome tegbee.
Stanza 3
Ne ède dɔ asi nam la,
O, kpe ɖe ŋutinyem
Be mawɔe le wò susu nu,
Hena wò bubu ko!
Stanza 4
Ne wò nya la xlɔ̃ num bena,
Maxɔ na nɔvinye,
‘Kem mawɔe le wò didi nu,
Be nàyra ɖe edzi.
Stanza 5
Aƒetɔ, metsɔ ɖokuinye
Na dɔ, si nèɖo nam;
O, Fofo, yra ɖe dzi geɖe,
Be wòanyo na ‘mewo!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 375