Stanza 1
Mine míade Yesu ko!
Eya enye Mawuvi la,
Tso dziƒo ke va mía gbɔ,
Va xɔ mí tso nuvɔ̃wo me
Eeya enye mía xɔla;
Mine míadi Yesu ɖaa!
Stanza 2
Mine miasubɔ Yesu!
Eya nye Aƒetɔ nyui la,
Eva ƒle mí kple ‘ƒe ʋu
Tso vɔ̃ ƒe kluvinyenye me,
Eya eku ɖe mía ta;
Mine míasubɔ Yesu!
Stanza 3
Yesu ɖeka ko míalɔ̃!
Eya tre mí lɔlɔ̃ vevie.
Abosam be, yeagblẽ mí;
Ke Yesu ɖe mí l’ esi me.
Eƒe lɔlɔ̃ la sɔ gbɔ;
Yesu ɖeka ko míalɔ̃!
Stanza 4
Mine míabu Yesu la!
Míafɔ trɔ̃wo aƒu gbe keŋ;
Ame enye nu kuku.
Xexemenuwo hã gblẽna.
Eya koe nɔa ‘nyi tegbee
Mine míabu Yesu la!
Stanza 5
Mine míakafu Yesu!
Dziƒotɔwo hã le ‘kafum,
Wodzea klo ɖe ‘ƒe afɔ nu,
Gbe dom ɖa, le ha vivi dzim.
Ele nuwo katã nu;
Mine míakafu Yesu!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 369