Stanza 1
Mese Yesu ƒe gbe nyui la;
Ebe: Va gbɔnye, nadzudzɔ!
Wò amesi ŋu ɖeɖi te,
Va, maxɔ wò agba na wò!
Meva Yesu gbɔ kple nye vɔ̃,
‘Labe ɖeɖi te ŋunye ŋtɔ.
Azɔ la mekpɔ dzudzɔƒe,
Eye dzidzɔ va nye dzi me.

Stanza 2
Mese Yesu ƒe gbe nyui la;
Ebe: Agbetsi le gbɔnye;
Mana amesi le ‘dim faa;
Wòano, anɔ agbe tegbee!
Nye la meva Yesu sia gbɔ,
Bena mano agbetsi la;
Tsi si ɖi kɔ na nye luʋɔ,
Mekpɔ agbe le Yesu gbɔ.

Stanza 3
Mese Yesu ƒe gbe nyui la;
Ebe: Nyee nye kekeli la;
Wu mo dzi, ɣe nadze na wò
Eye viviti la nasi!
Mekpɔ Yesu, Aƒetɔ la,
Wòle keklẽm ɖe nye mɔ dzi.
Keklẽ sia anɔ kplɔyem ɖaa,
Vaseɖe si made dziƒo.

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 364