Stanza 1
Dziƒo, dziƒo ko miayi,
Miedze mɔ dzi nyuie.
Amedzro mienye l’a-fi,
Mietsana yina.
Am’a-ɖe li:
Yesu Kristo, mia xɔlɔ̃,
Ekplɔa mi va Mawu gbɔe,
Enaa agbe.

Stanza 2
Mialɔ̃, ɛ̃, mina mialɔ̃
Yesu, Mawuvi!
Etso Efofoa gbɔ va
Anyigba sia dzi.
Lɔlɔ̃ sɔŋ dɔe.
Eku ɖe mia nu vɔ̃ ta;
Ke efɔ, bene mia kpɔ
Afiatsotso.

Stanza 3
Ŋusẽ keŋ le Yesu si,
Agbe hã nye ‘tɔ.
Enye Mawuvi, gake
Etrɔ dzɔ ame,
Va xɔ ame.
Eya fa akɔ na ‘me,
Ekplɔa ‘me yia kɔkɔeƒee,
Woakpɔ dzidzɔ.

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 351