Stanza 1
Yesu dze mía ŋgɔ
L’a-gbemɔ la dzi!
Eye míawo hã míaɖ’a-bla
Adze yowòme ko vavã.
Lé míaƒ’a-lɔnu,
Kplɔ mí yi aƒe!
Stanza 2
Ne ‘sẽ na mí hã,
Na míanɔ te ɖaa;
Le ŋkeke vɔ̃wo me ke hã,
Na be míagafa konyi o!
Elabe fu me
Míato ‘va gbɔwò.
Stanza 3
Ne veve tɔxɛ
Ka hiã míaƒe dzi,
Nenye ame bubutɔe hã,
Ekema na dzigbɔɖi mí!
Nàtrɔ mía tame
Ðe nuwuwu dzi!
Stanza 4
Yesu, kpɔ mía dzi,
L’a-gbemɔ la dzi!
Ne mɔ xaxa na mí hã la,
Na ŋusẽ kple dzidodo mí!
Xɔ mí ɖe aƒe,
Le nuwuwu me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 349