Stanza 1
Yesu ŋkɔ dzi nàwɔ dɔ!
Ðo ŋku eya dzi vevie ko,
Gabu wò ŋ’tɔ wò ŋusẽ o!
Bɔbɔ ɖokuiwò ko ɖaa!
I: Yesu ŋkɔ dzi nàwɔ dɔ :I
Stanza 2
Yesu ŋkɔ dzi nàwɔ dɔ!
Ame si ke wòkplɔna la,
Mate ŋu abu mɔ kpɔ o;
Azɔ dziƒomɔ la ko.
I: Yesu ŋkɔ dzi nàwɔ dɔ! :I
Stanza 3
Yesu ŋkɔ dzi nàwɔ dɔ!
Ŋusẽtɔa akpe ɖe ŋuwò:
Awu dɔ la nu kple dzidzɔ,
Ne èwɔe le Mawu me.
I: Yesu ŋkɔ dzi nàwɔ dɔ! :I
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 339